Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:14
13 Referans Kwoze  

Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ; ke bometsitsi doa go tso bometsila nu gbẽgbẽgbẽ.


Elabena menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o; eye ameka ate ŋu agblɔ nusi le dzɔdzɔ ge la nɛ?


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Ne èɖe adzagba na Mawu la, megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena bometsilawo ƒe nu medzea eŋuo; alesi nèɖe adzɔgbe la, wɔe.


Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?


Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o, ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.


eyata Hiob ƒo nu yakatsyɔ, eye wòlɔ nyawo ƒo ɖi, nunyaa ɖeke mele wo me o.


Elabena etsɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ kpe ɖe eƒe nuvɔ̃wo ŋu, ele alɔme ɖem le mía dome, eye wòle nu geɖe ƒom ɖe Mawu ŋu.


Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.


Nusiawo katã ŋu metsɔ nye tame ɖo, eye medzro wokɔtã me kpɔ be: Ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kpakple woƒe nuwɔwɔwo le Mawu si me; amegbetɔ medze si lɔlɔ̃ kple fuléle tsã o; wo katã wodo ŋgɔ na wo.


Bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea amesi menye du me mɔ o la ŋu.


Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite