Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne lãnu tsi kpo, eye womenyire enu o la, ele be, woahe alɔkame; ke nuwɔwɔ, ne wòadze edzi, enye nunya ƒe viɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ame si le fia maɖamaɖa ŋu dɔ wɔm la, wɔa eƒe ŋusẽ geɖe ŋu dɔ. Dze nunya eye nànyre fia la nyuie.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:10
20 Referans Kwoze  

Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Bometsilawo ƒe agbagbadzedze nana ɖeɖi tea amesi menye du me mɔ o la ŋu.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


Elabena miaƒe toɖoɖo de amewo katã ƒe to me; eyata dzi le dzɔyem le mia ŋuti, ke mele didim bena, mianye nunyalawo le nu nyui me, ke ame dzadzɛwo ɖe nuvɔ̃ ŋuti.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Amesiwo tso Isaxar-viwo dome la, wonye amesiwo nunya le tagba na, eye wonya ɣeyiɣi, si dzi Israel awɔ nane; woƒe tatɔwo le ame alafa eve, eye wo nɔviwo katã sea woƒe gbe.


Ne menyre nye yi dadzo la, eye meɖe asi ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, ekema mabia hiã nye futowo, eye maɖo teƒe na nye ketɔwo.


Tete mekpɔ be, nunya ƒo bometsitsi ta, ahe alesi kekeli ƒo viviti tae ene.


Amesi le kpe ɖem la, eyae wɔa nu vevi eɖokui, eye amesi le nake dzem la, eyae xɔa abi.


Ne da ɖu ame, hafi wosa gbe ɖoe la, ekema gbesala mekpɔ viɖea ɖeke tso eme o.


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite