Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ya ɖoa ta: dziehe, etrɔna yia anyiehe, eye wògatrɔna vaa afisi wotso.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ya ƒona ɖoa ta dziehe eye wòtrɔna yia anyiehe. Etrɔna toa eme madzudzɔmadzudzɔe eye wògatrɔna yia afi si wòdze egɔme tsoe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:6
11 Referans Kwoze  

Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.


Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.


Ena ahom la dze anyi kpoo, eye eƒe tsitsotsoeawo ɖo ho to.


Eƒo nu, eye ahomya tso hemli eƒe tsotsoewo.


Wo, amesi ƒe awuwo xɔa dzo, nenye be, dzieheya na anyigba ɖo ho anyi la,


Ahom tsoa dziehe, eye vuvɔ tsoa anyiehe.


eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xa ma te, eye wòmu, eye eƒe anyidzedze ɖi gbloo.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.


Towo katã sina yia atsiaƒu me, ke etsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi towo sina yina la, afima woyina ɖaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite