Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Viɖe ka emegbelɔ kpɔna tsoe eƒe agbagba, siwo katã wòdzena le ɣea te la mea?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:3
23 Referans Kwoze  

Viɖe ka ame kpɔna tsoa dɔ, si ŋu wòdzea agbagba lena la me?


Eɖu eƒe ŋkekewo kalã le viviti, dzibibi geɖe, fukpekpe kple dziku me.


Elabena nuka amegbefɔ kpɔna tsoa eƒe dɔwo kalã kple agbagba, siwoeƒe dzi dzena le ɣea te la mea?


Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.


Eye amekae nyae be, nunyala loo, alo bometsila nye ge wògbɔna? Hafi eyae le ŋusẽ kpɔ ge ɖe nye agbagba, siwo katã metso kutrikuku kple nunya dze le ɣea te la dzi. Esia hã toflokoe!


Kpɔ ɖa, ɖe menye Yehowa Zebaot gbɔ wòtso be, dukɔwo nadze agbagba bena dzo, eye anyigba dzi dukɔwo naku kutri yakatsyɔ oa?


Mekpɔ nunya sia hã le ɣea te, eye wòdze gã nam:


Woƒe emelɔlɔ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Nunya nyo kpe ɖe domenyinu ŋu, eye wònye viɖe na amesiwo le ɣe kpɔm.


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Eye ne Mawu na kesinɔnu kple nu xɔesiwo amea de, eye wòna misee be, wòaɖui, wòaxɔ elɔ gome, eye wòakpɔ dzidzɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, Mawu ƒe nunana nye esia.


eye amesi medzɔ gɔ̃, ne wòayi nuwɔwɔ vɔ̃di, siwo dzɔna le ɣea te, kpɔ ge o la tɔ me nyo wu wo ame eve la tɔ.


Viɖe ka nye aklama kpakpɛ be, ekpala kpae, eye viɖe ka nye legba kɔkɔ kple alakpanufiala be, legbamela le dzi ɖom ɖe eƒe legba ŋu, esi wòwɔ legba maƒonuwo?


Eye megakpɔ tofloko le ɣea te;


bena miawo hã miatso mia ɖokui ade nenem me siawo kpakple amesiame, si woa do kpli mi, eye wòdzea agbagba la te.


Eye melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea le la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzela ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite