Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye esi meɖo ta me enyi, be medze si nunya, eye medze si aɖaʋadzedze kple bometsitsi la, medze sii be, esia hã dagbadagba de ya me wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:17
14 Referans Kwoze  

Mehe le nye dzi me be: Matsɔ wein anyro nye ŋutilã, ke nye dzi natsɔ nunya akplɔm, ne meva bometsitsi goŋgoŋ, eye makpa nusi nyo na amegbefɔviwo be, woawɔ le dziƒoa te le woƒe agbenɔɣi me la.


Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


Tete melé fu agbenɔnɔ, elabena nusiwo wowɔna le ɣea te la, medze ŋunye o, elabena wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.


Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Esia nye vɔ̃ gã le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la dome be, nye ɖeka tɔgbe dzɔna ɖe amewo katã dzi; eyata vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔa amegbetɔviwoƒe dzi me, eye aɖaʋadzedze le woƒe dzi me le woƒe agbenɔɣi katã; ke emegbe la woayi kukuawo gbɔ.


Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me,


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —


Toflokowo ƒe tofloko! Nyagblɔla be: Nuwo kalã toflokowoe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite