Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:14
13 Referans Kwoze  

Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.


Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Tete melé fu agbenɔnɔ, elabena nusiwo wowɔna le ɣea te la, medze ŋunye o, elabena wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsa glalã tsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Dukɔ, siwo katã nu wole la seƒeɖo meli na wo o; ke wo megbeviwo meva kpɔ dzidzɔ de eŋu o. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —


Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.


Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.


Toflokowo ƒe tofloko! Nyagblɔla be: Nuwo kalã toflokowoe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite