Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:13
22 Referans Kwoze  

Mekpe dɔ, siwo Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo, ne woatsɔ aku kutrii la ɖa.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Eye esi meɖo ta me enyi, be medze si nunya, eye medze si aɖaʋadzedze kple bometsitsi la, medze sii be, esia hã dagbadagba de ya me wònye.


Lé be na nusiawo, nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.


Hekpe ɖe esia ŋu la, vinye, na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa seƒeɖo o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋufilã ŋu.


Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.


Nusiawo katã mekpɔ, eye melsɔ nye tame ɖo nuwɔwɔ, siwo katã dzɔna le ɣea te, le ɣeyiɣi, si me amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi bena woƒe dzɔgbevɔ̃e la ŋuti.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Elabena eƒe ŋkekewo katã nye vevesese, eye nuxaxa nye eƒe dɔwɔwɔwo, le zã me gɔ̃ hã eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia hã toflokoe!


Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.


Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.


Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.


Nunya ƒe gɔmeloto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wo kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee.


Yehowa ƒe dɔwɔwɔ lolo, amesiwo katã dzrom wole la, dia eyome.


Woɖo seƒe na viviti, eye wodi kpe, si le viviti tsiɖitsiɖi me la, le goawo katã me keŋkeŋ.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.


Mawu ƒe bubue wònye be, wòaɣla nya, eye fiawo ƒe bubu wònye be, woadzro nye me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite