Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:9
28 Referans Kwoze  

Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.


Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò.


Israel, kpɔ mɔ na Yehowa, elabena amenuveve geɖe le Yehowa si, eye ɖeɖe bɔ ɖe esi!


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ,


Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.


Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.


Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsoe ke.


Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.


Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.


Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋutɔ! Na miadze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve sɔ gbɔ, ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite