Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:5
31 Referans Kwoze  

Tso mia fofowo ŋɔli ke mieƒo asa na nye ɖoɖowo, eye miewɔ wo dzl o. Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye ha matrɔ ɖe mia ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe! Eye ne miebe: Aleke míatrɔe hã la,


Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Azɔ Aƒetɔ, mía Mawu, wò amesi tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, míewɔ nuvɔ̃, eye míewɔ nu tovo.


Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.


Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔa ɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o,


Esi Yehowa dze nuƒoƒo gome kple Hosea la, Yehowa gblɔ na Hosea bena: Yi naɖe gbolo, ne wòadzi ahasiviwo na wò; elabena anyigba la wɔ gbolo, eye wòtrɔ le Yehowa yome!


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Yehowa, kpo alesi vɔvɔ̃ ɖom ɖa! Nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye dzi le togotogoe ƒom le menye, le esi mese to ta. Yi le nu gblẽm le xexe abe ku le aƒe me ene.


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Yehowa wɔ nyuie nam ɖe nye dzɔdzɔenyenye nu, eye wòɖo eteƒe nam, le esi nye asime dza ŋuti.


Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Nyemete ɖa le wò ɖoɖowo ŋu o, elabena wòe fia num.


gblɔ bena: Nye Mawu, ŋu le kpeyem ŋutɔ, be mawu mo dzi na wo, nye Mawu: elabena míaƒe vodadawo gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖiwo kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke.


Metra abe alẽ bubu ene; di wò dɔla, elabena nye ŋku medzo le wò seawo dzi o.


le woƒe vɔ̃, siwo wowɔ hetsɔ do dziku nam, eye woyi ɖasubɔ mawu tutu, siwo woawo loo alo miawo kple mia fofowo mienyã o, eye wodo dzudzɔ na wo la la.


Yehowa ta dzɔ, elabena mesẽ to ɖe eƒe nyawo ŋu. Mi dukɔwo katã, misee, eye milé ŋku ɖe nye vevesese ŋu! Nye ɖetugbiwo kple nye ɖekãkpuiwo yi aboyo me.


Míawo míedze aglã, eye míesẽ to, eye wo la mètsɔe ke o.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.


Elabena wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wodo dziku nam tso gbesigbe wo fofowo ʋu tso Egipte vaseɖe egbe.


Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía?


Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.


Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be, eye womebia ta wò se o; elabena metsɔ tohehe, si teƒe mekɔ o la, ƒo wòe abe futɔ ƒe ameƒoƒo ene le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo ta.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite