Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:26
39 Referans Kwoze  

Ke ana tsi naƒo ɖi bababa, eye wòatsrɔ̃ eƒe nɔƒe, eye wòalsɔ viviti ayɔ eƒe fulɔwo ɖe nu.


Woɖee le xaxa kple ʋɔnudɔdrɔ̃ me, eye eŋɔlimeviwo dometɔ kae bu eŋuti kpɔ be, woɖee ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, eye wowɔ fui le nye dukɔ ƒe dzidadawo ta?


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Alo mele na Kristo be, wòakpe nusiawo ƒe fu, eye wòayi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?


Ke egblɔ na wo bena: Eliya gbɔna gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo; eye aleke woŋlɔ ɖi le Amegbetɔvi la ŋuti bena, akpe fu geɖe, eye woado vloe mahã?


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome;


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


Viawo adze aʋa gɔme, eye woaƒo aoakɔ gãa ɖe nu ƒu fu, woava aƒo ɖe anyi ahagbagba ɖi, eye woagawɔ aʋa kplii vaseɖe eƒe mɔ sesẽwo gbɔ.


Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


eyata Aƒetɔ la akplɔ tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋuwo ava ƒo ɖe wo dzi, si nye Asur-fia kple eƒe ŋusẽ blibo; ayɔ eƒe baliwo katã me, eye wòagbagba eƒe tɔgowo katã,


Elabena esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome,


Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o;


eye wògblɔ na wo bena: Nenema woŋlɔ ɖi bena: Kristo lakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe;


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du.


Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene;


De anyigba maʋuʋu, eye edzinɔlawo katã naxa nu le esia ta oa? Akɔ dzi glodzoo abe Nil, eye wòadze agbo agadze anyi abe Egipte-tɔsisi la ene.


Eye wògblɔ bena: Tsɔ ŋkɔ nɛ be „Manyenyedukɔe“, elabena menye nye dukɔ mienye o, eye nye hã nyemanye mia lɔ o.


Ameka nye esi gbɔna abe Nil ene, eye eƒe tsiwo le tsotsom abe tɔsisiwo ene?


Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, nye ƒuwo katã dudu; nye dzi zu abe anyigba ene helólo ɖe dɔ me nam.


Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.


Ado ta me be, yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe aʋakɔwo vɛ; eye wòaɖu dzo kplii ahatsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, ne wòagblẽ anyigba la; ke mava me o, eye medze edzi nɛ o.


Atsiaƒu ƒo ɖe Babel dzi, eye eƒe tsotsoewo ƒe nyanyrã nyẽ tsyɔ edzi.


Akplɔ̃ aʋakɔ, siwo gbagba ɖi bibibi la, adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo hekpe ɖe nubabla la ƒe amegã hã ŋu.


Woɖo ŋu na fia la bena: Ŋutsu, si wu mi, eye wòɖo lãme be, yeatsrɔ̃ mi ɖa, ne míaganɔ Israel-nyigba blibo la dzi o lae!


Kpɔ ɖa, nu sesẽ kako atso Aƒetɔ ta gbɔ ava abe dzikpe ƒe dzadza kple ahom gblẽnu ene; aƒoe aƒu anyi kple ŋusẽ, abe tsiɖɔɖɔ sesẽ ƒe gbagba ɖe anyi ene.


Eyata miganɔ fewu ɖum, ne miaƒe babla nadzi goŋgoŋ o; elabena wotsrɔ̃ kple tameɖoɖo kplikpaa mese tso Aƒetɔ, Yehowa Zebaot gbɔ ɖe anyigba blibo la ŋu.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite