Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 “Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:25
32 Referans Kwoze  

Yemaɣi wodzudzɔ Mawu ƒe xɔdɔ la le Yerusalem, eye wòtsi anyi vaseɖe Persia-fia Dario ƒe fieɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Menyae bena, Mesia, si woyɔna be Kristo la gbɔna; ne eyama va la, agblɔ nuwo katã afia mí.


Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Esi nèdze kokoƒoƒo gɔme la, nyaa de tso Mawu gbɔ, eye meva, be magblɔe na wò, elabena wolɔ̃ wò; eyata lé to ɖe nya la ŋu, eye nalé to ɖe ŋutega la hã ŋu.


Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


Gli la wu nu le ŋkeke blaatɔ̃ va eve megbe le dzinu Elul ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi.


Eye mekpɔe hetsi tre gblɔ na bubumewo, amegãwo kple ame susɔeawo bena: Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒelɔ gã dziŋɔ la dzi, eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta!


Tete nunɔlagã Elyasib kple si nɔviawo, siwo nye nunɔlawo la, wotso, eye woɖe alẽgbo la, wokɔ eŋu, eye woɖe ʋɔtruwo enu; wokɔ eŋu vaseɖe xɔ tsrala Hamea kple xɔ tsrala Xananel gbɔ.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


Amesia Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me abe kplɔla kple xɔla ene, bena wòana dzimetɔtrɔ kple nuvɔ̃wo ƒe keke Israel.


eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye.


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo


Eva Yerusalem le fia la ƒe ƒe adrelia ƒe dzinu atɔ̃lia me.


Le nya siawo megbe, esime Persia-fia Artaxsasta le fia ɖum la, Ezra ho va; enye Seraya vi, amesi nye Azarya vi, amesi nye Xilkiya vi,


Ke fia la gblɔ na Zadok bena: Gbugbɔ Mawu ƒe aɖaka la yi dua mee! Ne Yehowa ve nunye la, ekema akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple afisi wòle


amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti da blibo, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.


Eye esi Filipo ƒu du yi egbɔ la, ese bena, ele nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm, eye wògblɔ nɛ bena: Ele nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?


Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.


eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme.


amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;


Ke wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite