Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Efia num gblɔ bena: Daniel, ɖe meva be, mafia nu wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:22
12 Referans Kwoze  

Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.


Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia!


Tete me-gblɔ bena; Nye aƒetɔ, amekawoe nye esiawo? Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim la, gblɔ nam bena: Magblɔ amesiwo wonye la, afia wo.


Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.


Eye mawudɔla, si ƒo nu kplim le gblɔ nam bena: Ɖe gbe ƒã be: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu vevie,


Mele de amesiwo tsi tre ɖi la dometɔ ɖeka ŋu, eye mebia nyae le nusiawo katã ŋu tsitotsito, eye wògblɔe nam heɖe nusiawo gɔme nam be:


Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya.


Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite