Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:20
24 Referans Kwoze  

Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.


elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim,


Ekema àyɔ Yehowa, eye woatɔ na wò; àdo ɣli, eye wòagblɔ be: Nyee nye si! Ne èɖe ameteteɖeanyi, asifiafia me kple nu vɔ̃ɖi ƒoƒo le dowòme,


Aƒetɔ, wò dɔmedzoe kple wò dziku nedzo ɖa le wò ɖu Yerusalem, wò to kɔkɔe la ŋu le wò dzɔdzɔenyenye blibo la ta; elabena miaƒe nuvɔ̃wo kple mía fofowo ƒe vodadawo ta Yerusalem kple wò dukɔ la zu alɔmeɖenu na amesiwo katã ƒo xlã mí la ɖo.


Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


Mede nye nuvɔ̃wo fia wò, eye nyemetso nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nuvɔ̃ ƒe vodadawo kem. Sela.


Eye wòkplɔm yi to kɔkɔ gãa ɖe dzi le gbɔgbɔ me, eye woɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la liam,


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Eye esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu; eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ.


mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.


Elabena ame dzɔdzɔea ɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuyɔ o.


Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite