Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eyata, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple eƒe kokoƒoƒo la, eye nana wò ŋku me naklẽ de wò kɔkɔeƒe, si zu aƒedo la dzi; elabena wòe nye Aƒetɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “Azɔ, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo. Le wò ŋutɔ ta, O Aƒetɔ, kpɔ wò Kɔkɔeƒe si zu aƒedo la ɖa kple amenuveve.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:17
20 Referans Kwoze  

ekema míate ɖa le ŋuwò o! Gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ!


ɖe Zion-to la ŋu, elabena ezu gbegbe, eye abeiwo le edzi tom.


Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le; eyaŋuti amen la to eya hã dzi hena Mawu ƒe kafukafu to mia dzi.


Etsɔ mí ɖo dzrenui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo le alɔme ɖem.


Na wò ŋusẽ nana azɔli dzi le Efrayim, Benyamin kple Manase ŋgɔ, eye ya xɔ na mí!


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye nafia wò ɖoɖowom.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Le tanye, le tanye mawɔe, elabena aleke womehegblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔe o! Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔa ɖeke o.


Ke trɔ de wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo ŋu, Yehowa nye Mawu, eye nase wò dɔla ƒe yii kple gbe, si wòdo da le ŋkuwò me egbe.


Mawu, ve mía nu, eye nayra mí, na wò mo naklẽ na mí, Sela,


De wò afɔ yi gli gbagbã ɖikaɖikawo gbɔ! Futɔ la gblẽ nuwo katã le kɔkɔeƒe la.


Mawu, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname!


Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite