Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wòwɔ eƒe nya, si wògblɔ ɖe mía kple míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, siwo drɔ̃ ʋɔnu mí ŋu la dzi, be yeahe dzɔgbevɔ̃e, si meva me le dziƒo blibo la te kpɔ o la, ava mia dzii, abe alesi wodzɔ ɖe Yerusalem dzii ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:12
31 Referans Kwoze  

eye mawɔ nu mawɔkpɔa ɖe ŋuwò le wò ŋunyɔnuwo katã ta, nusi tɔgbe nyemegale wɔwɔ ge o.


Eyata mi amesiwo katã va to mɔ dzi yina, miɖo ŋku anyi, ne miakpɔ nu be, vevea ɖe ɖe vevesese, si va dzinye, kple nuxaxa, si Yehowa ɖo nam le eƒe dɔmedzɔe heliheli ɖogbe la nu mahã?


eya, amesi nana eƒe dolawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi; eya, amesi gblɔ na Yerusalem be, woaganɔ eme, eye wogblɔ na Yuda-duwo be, woatso wo, eye yeafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu;


Yehowa wɔ eƒe tame, si wòɖo la, de goe, eye wòwɔ eƒe nya, si ŋugbe wòdo tso blema ka la dzi; egbã nu ƒu anyi, mekpɔ eta o, ena wò futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò, eye wòdo wò ketɔwo ƒe dzo ɖe dzi.


Yerusalem-nyɔnuvi, ameka matsɔ asa kpli wò, ne wòaɖi wò? Zion-ɖetugbi ameka matsɔ aɖo ŋuwò, ne mafa akɔ na wò? Elabena wò abi lolo abe atsiaƒu ene, amekae ada gbe le ŋuwò ma?


Eɖea aboyo adaŋumegãwo amamae, eye wòdoa tsu ʋɔnudrɔ̃lawo.


Elabena mele egblɔm bena, Yesu Kristo zu subɔla na aʋatsotso le Mawu ƒe nyateƒe ŋuti, bene wòali ke ŋugbedodo, siwo wodo na fofoawo la;


Elabena ŋkeke siawo nye hlɔ̃biabiaŋkekewo, bena woawu nusiwo katã woŋlɔ ɖi la nu.


Elabena ŋkeke mawo lanye xaxa, si tɔgbe meva kpɔ tso nuwɔwɔ, si Mawu wɔ la, ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Elabena le ɣemaɣi me xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o.


Elabena vava mele egblɔm na mi bena: Vaseɖe esime dziƒo kple anyigba nu nava yi la, yota ɖeka alo ŋɔŋlɔdzesi ɖeka nu mele yiyi ge tso se la me, vaseɖe esime wo katã nava ve me o.


Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome; eyata mahe to na mi le miaƒe vodadawo katã ta.


Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Nu dzodzroa kpɔm wole, eye alakpanya gblɔm wole ɖi; wo, amesiwo le gbɔgblɔm be: „Yehowa ƒe gbe enye si,“ evɔ wònye Yehowa medɔ wo o hafi, eye wole mɔ kpɔm be, nya la ava me.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe vodadawo só gbɔ wu Sodom, si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amea ɖeke mekpe asi ɖe eŋu o la ƒe nuvɔ̃wo.


Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo.


mi anyigba dzi fiawo kple dukɔwo katã, amegãwo kple anyigba dzi ʋɔnuɖrɔ̃lawo katã,


Eyata mi fiawo, mídze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo!


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


Yi nagblɔ na Kusitɔ Ebed-Melex bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana nye nyawo nava me ɖe du sia ŋu hena vɔ̃, eye menye hena nyui o, eye woava me le ŋkuwò me le ɣemaɣi.


Esi miedo dzudzɔ, eye miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, miese Yehowa ƒe gbe o, eye miezɔ ɖe eƒe seawo, ɖoɖoawo kple ɖaseɖiɖiawo nu o la, eyata dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Wotsɔ woƒe dzi wɔ lotamekpee, be yewomagase se la kple Yehowa Zebaot ƒe nya, siwo wòɖo ɖa to eƒe gbɔgbɔ kple nyagblɔɖlla lsã tɔwo dzi la o; eyata dɔmedzoe ga tso Yehowa Zebaot gbɔ va ɖo.


Yehowa ƒe gbe enye si; Kpɔ ɖa, mane dzɔgbevɔ̃e ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi le agbalẽ sia me nya, siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu.


Eyata medo gu amegã kɔkɔeawo, metsɔ Yakob de asi na tsɔtsrɔ̃ gbidigbidi, eye Israel na fewuɖuɖu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite