Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 míese Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe, ne míazɔ de eƒe nufiame, siwo wode asi na mí to eƒe dɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:10
8 Referans Kwoze  

Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.


Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Eye wova hexɔe wònye wo tɔ, ke wogbe toɖoɖo wò gbe, womezɔ ɖe wò seawo nu o, eye womewɔ nusiwo katã ŋu nèɖe se le na wo la o; eyata nèna dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.


ekema naɖo ŋu na wo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Elabena mia fofowo gblẽm ɖi, eye wodze mawu tutɔwo yome, wosubɔ wo, eye wode ta agu na wo, ke wogblẽ nye ya ɖi, eye womelé nye seawo me ɖe asi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite