Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:9
12 Referans Kwoze  

Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye amea ɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.


Ame ɖigbɔa ɖe axɔ ɖe efeƒe, amesi ŋu womeɖo fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖo o, ke aƒo ɖe anyi le vo me, eye wòatsa numevivinyawo axɔ fiaɖuɖu lae.


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Eye wòna eƒe dukɔ dzi ŋutɔ, eye wokpɔ ŋusẽ wu woƒe kelɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite