Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to de eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:8
19 Referans Kwoze  

Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.


Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye; Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ aɖe eya nu o.


Esi meɖo ŋku anyi la, gbɔisua ɖe tso ɣetoɖoƒe gome va anyigba blibo la dzi, eƒe afɔ mele anyi kam o, eye gbɔ̃tsu la to dzo sesẽa ɖe ɖe ŋugbladome.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Ke esi ŋusẽ ɖo eŋu la, ede asi dada me, vaseɖe esime eƒe nuwɔwɔ gblẽ; meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, eye wòge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me hedo dzudzɔ le dzudzɔdovɔsamlekpui la dzi.


Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke hoŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o.


Eyome meɖo ŋku anyi hekpɔ lã bubu wòɖi lãkle, eye wòto aʋala ene ɖe mẽdome abe xevi ene; lã la to ta ene, eye wona ŋusẽe.


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Ɖe àgblɔ emegbe le wuwòlawo ŋku me be, Mawu yenyea? Amegbetɔ nènye le amesiwo da nu wò la si me, eye menye Mawu o.


Eye mana nasɔ gbɔ abe gbe le gbe me ene! Etsi heka ta, eye neɖo ɖetugbi atiati me; ète no, eye wò ɖa to; ke ènɔ amama heno ƒeƒle.


Alesi xevi yɔa xadzae taŋ la, nenema alakpadada yɔa woƒe xɔwo fũ, eyata wòzu amegãwo kple kesinɔtɔwo ɖo.


Elabena Mardoxai zu gã le na ƒe me, eye eƒe ŋkɔ de anyigbawo katã dzi; elabena ŋutsu Mardoxai le gã zum ɖe dzi ɖaa.


Elabena makplɔ wo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye woaɖu nu aɖi ƒo, akpɔ lãme, emegbe wòadze mawu bubuwo yome asubɔ wo, ke nye la wòado vlom, eye woatu nye nubabla la.


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, maka wo ahlẽ ɖe ya siawo katã me, eye dukɔa ɖeke manɔ anyi, si dome Elam ƒe amewo makaka ɖo o.


Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite