Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mekpɔ agbo la wòle dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe gome, eye lãa ɖeke menɔ te ɖe enu o, amea ɖeke mete ŋu xɔ ame le esi me o, ewɔ alesi dze eŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:4
18 Referans Kwoze  

Amesi ho ɖe eŋu la, awɔ nu alesi dze eŋu, eye amea ɖeke manɔ te ɖe enu o; ava tɔ ɖe anyigba nyo la dzi, eye eƒe asi agblẽ nu.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe!


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Vɔvɔ̃ do dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, eye wodzo nyanyanya le ŋusẽ, si wonae la ta; ne elɔ̃ la, ewua ame, ne elɔ̃ la, exɔa ame ɖe agbe; ne elɔ̃ la, edoa ame ɖe dzi, eye ne elɔ̃ la, ebɔbɔa ame de anyi.


Esi mietsɔ axadame kple abɔgba mimi lã kudɔeawo katã ɖo, eye mietu dzo wo, vaseɖe esime mienyã wo do goe la,


Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!


Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem,


eya wònye ènyae be, nyemeɖi fɔ o hafi, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ ame le asiwò me o.


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


Tete Zedekiya, Kenaana vi, tsɔ ga wɔ lãdzowo gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esiawo natsɔ atu Aramtɔwo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


Mawu, nye fia nènye, ɖo xɔnume ɖe Yakob!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite