Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:2
24 Referans Kwoze  

le ɣemaɣi, esime Axasweros bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi le Susa-mɔ̃ me la,


Nexemya, Haxalya vi ƒe ŋutinyawo nye esi: Le dzinu Kisiew dzi le ƒe blavelia me, esime mele Susa-mɔ̃ me la.


Elam le afima, eye eƒe amehawo katã ɖe to ɖe eƒe yɔdo, ame tsiaʋawo sɔŋ wonye, eye wotsi yi nu, wonye bolotɔwo yi tsieƒe, woawoe de ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi; azɔ ŋu akpe wo akpe de aʋli me yilawo ŋu.


na Zimri-fiawo katã, Elam-fiawo katã kple Media-fiawo katã;


Esime fia ƒe nya kple eƒe se ɖi wose, eye woƒo nyɔnuvi geɖewo nu ƒu ɖe Susa-mɔ̃ me hetsɔ wo de asi na Hegai la, wokplɔ Ester hã va fiasã la me hetsɔ de asi na nyɔnuwo ŋudzɔla Hegai.


Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia,


Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram.


Eye mefɔ kɔ dzi kpɔ agboa ɖe le tɔsisi la to, si to dzo legbee eve, ke ɖeka didi wu nɔvia, eye legbeetɔ enye mamletɔ, si to.


Nye Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye, eye ŋutega, si mekpɔ la, do ŋɔdzi nam.


Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Ŋutega sesẽa ɖe woɖe fiãm be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu! Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Eye Yudatɔ, siwo le Susa la, ƒo wo ɖokui nu ƒu le dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia hã dzi, eye wowu ŋutsu alafa etɔ̃ le Susa; ke womede asi aboyonuawo ŋu o.


Gbemagbe wohe amesiwo wowu la ƒe xexlẽme va fia la ŋku me le Susa-mɔ̃ me,


Eye Mardoxai le fiawu, si nye aɖabɛ blɔtɔ kple aklala me, eɖo sikafiakuku gãa ɖe, eye wòle awu ʋlaya, si nye aklala kple aɖabɛ dzĩto me hedo le fia la gbɔ; eye Susa-du la tso aseye hekpɔ dzidzɔ.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple miawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me,


Ester ɖo ŋu bena: Ketɔ kple futɔ lae nye Haman vɔ̃ɖi sia! Tete Haman ɖi vo le fia kple fiasrɔ̃ ŋku me.


Tete duxɔlawo yi kaba le fia ƒe nya la nu, eye wode se la le Susa-mɔ̃ me. Eye fia la kple Haman wobɔbɔ nɔ anyi le aha nom; ke ʋunyaʋunya ɖo Susa-du la me.


Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me.


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la nye Daniel mekpɔ ŋutega, abe esi mekpɔ tsa ene.


Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke blave vɔ enelia dzi la menɔ Xidekel tɔsisi gã la te


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite