Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 7:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Nyaawo seƒe enye si. Ke nye Daniel, nye tamesusuwo do ŋɔdzi nam, eye nye mo fu tititi; eye medzra nyaawo ɖo ɖe nye dzi me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 “Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”

Gade chapit la Kopi




Daniel 7:28
19 Referans Kwoze  

Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Ke Mana lé nya siawo katã ɖe ta me, eye wobu wo ŋuti le eƒe dzi me.


Eye nye ɖeka ko mesusɔ ɖi hafi kpɔ ŋutega gã sia, ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo ƒe nyonyome trɔ ɖe ƒomevii, eye ŋusẽa ɖeke menɔ ŋunye o.


Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.


Nye Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye, eye ŋutega, si mekpɔ la, do ŋɔdzi nam.


enye wò fia, amesi tri akɔ, eye ŋusẽ le ŋuwò, wò gãnyenye ɖatɔ dziŋgɔli, eye wò ŋusẽ ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Miawo la milé nya sia ɖo miaƒe towo me; elabena wole Amegbetɔvi la de ge asi na amewo.


Eye enumake, esi ameha la katã kpɔe la, dzidzi ƒo wo ŋuta, eye wosi du yi egbɔ hedo gbe nɛ.


Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.


Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi.


Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la.


Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, maɖe nusi le dzɔdzɔ ge, ne dɔmedzoe wu enu la, afia wò; elabena nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


Eva afisi metsi tre ɖo, eye esi wova la, dzidzi ƒom metsyɔ mo anyi. Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ƒu to anyi, ŋutega sia la, nuwuɣi ŋu wòle ɖo.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Eye esi wòlii na fofoa kple nɔviawo la, fofoa ka mo nɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Drɔ̃e ka enye si nèku? Alo ɖe mia kple dawo kple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wò mahã?


Tso esia dzi la nɔviawo ʋã ŋui; ke fofoa dzra nya la ɖo.


Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la nye Daniel mekpɔ ŋutega, abe esi mekpɔ tsa ene.


Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Tete Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar la ƒe nu tsi te se eye eƒe susuwo ɖo ŋɔdzi nɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ bena. Beltsazar, drɔe la kple egɔmeɖeɖe megadzi ŋɔ na wò o. Beltsazar ɖo eŋu gblɔ bena; Nye aƒem, drɔ̃e la neɖi wò ketɔwo ŋu, eye egɔmeɖeɖe neɖi wò futɔwo ŋu!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite