Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le Babel-fia Belsazar ƒe ƒe gbãtɔ me la Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutega le eƒe aba dzi; eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi hexlẽ nu vevitɔwo fia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 7:1
34 Referans Kwoze  

Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Fia Belsazar tu aglo gãa ɖe na eƒe amegã akpewo, eye wòno wein le ame akpeawo ŋku me.


Mlɔeba la Daniel, amesi lsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye meli drɔ̃e le nɛ be:


Eye Mawu na nunya kple gɔmesese ŋutsuvi ene siawo le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome; ke Daniel ya nya ŋutegawo katã kple drɔ̃ewo gɔme.


Yehowa be: Nyagblɔɖila, si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e, eye amesi si nye nya le la, negblɔ nye nya le nyateƒe me; tsro gbɔ nya kae tsɔ lu gbɔ nya?


Azɔ ŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple nusiwo li kpakple nusiwo le vava ge le nusiawo megbe la.


Tete Yehowa ɖo ŋu nam gblɔ bena: Ŋlɔ ŋutega la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi, be wòanya xlẽ bɔbɔe.


Nye Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye, eye ŋutega, si mekpɔ la, do ŋɔdzi nam.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Le Nehukadnezar ƒe fiaɖudu ƒe ƒe evelia me la Nehukadnezar ku drɔ̃e, eye wòdzo haha, ale be alɔ̃ bu ɖee.


Eye wògblɔ bena: Mise gbenye! Ne amea ɖe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila le mia dome la, ekema meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutega me, eye meƒoa nu kplii le drɔ̃e me.


Tete Mawu ɖe eɖokui fia Israel le drɔ̃eƒe gblɔ bena: Yakob, Yakob! Eɖo ŋu bena: Nye enye si!


Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o.


Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge.


Elabena nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene miatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ nukpɔkpɔ.


Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la nye Daniel mekpɔ ŋutega, abe esi mekpɔ tsa ene.


Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi.


Le ƒe blaatɔ̃lia me le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, esime mele aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to la, eva me be, dziƒo nu ʋu, eye mekpɔ Mawu ƒe ŋutega.


Tete Yeremya yɔ Barux, Neriya vi, eye Barux ŋlɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã wògblɔ nɛ la, tso Yeremya nu ɖe agbalẽ me.


Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.


Eyata yi naŋlɔe ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo gbɔ, eye naŋlɔe ɖe agbalẽ me, ne wòanɔ anyi anye ɖase tegbee le ŋkeke, siwo gbɔna la me.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!


le zã me ŋutega ƒe tameyiyi me, esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩ.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Eye Yeremya tsɔ agbalẽ bubu na agbalẽŋlɔla Barux, Neriya vi, eye wòŋlɔ agbalẽ kemea, si Yuda-fia Yoyakim tɔ dzoe la me nyawo katã tso Yeremya nu ɖe eme, eye wogakpe nya mawo tɔgbe geɖe ɖe eŋu.


Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ booa ɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe dua ɖee wotso ɖe edzi le dziehe gome ene.


Fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar le, bena; Ate ŋu alĩ drɔ̃e, si meku la, eye naɖe egɔme nam vavãa?


Woaɖe amegbetɔ ƒe dzi le eme ahatsɔ la ƒe dzi nɛ, vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite