Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Fiaɖuƒe la ƒe tatɔwokatã, anyigbanunɔlawo, amegãwo, aɖaŋudelawo kple dzikpɔlawo de adaŋu be, fia la naɖo ɖoɖo, eye wòade se sesẽa de be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbelɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, wotsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.”

Gade chapit la Kopi




Daniel 6:8
11 Referans Kwoze  

Esi fia la se nya sia la, evee ŋutɔ, eye wòɖo be, yeaɖe Daniel; edze agbagba, vaseɖe esime ɣe ɖo to be, yeaɖee.


Ne edze fia ŋu la, ekema woade fia ƒe se, eye woaŋlɔe ɖe Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe se la me, eye womada edzi o be: Wasti mekpɔ mɔ agava fia Axasweros ŋku me o, eye fia la natsɔ eƒe fianyenye ana nyɔnu bubu, si nyo wui.


Tete ŋutsu mawo ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wole gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me.


Baba na amesiwo tsɔ ɖoɖo gbegblẽwo wɔ see, kple agbalẽŋlɔla, siwo le ameteteɖanyi ŋlɔm ɖi,


Woŋlɔ agbalẽ la le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete, eye wòde agbalẽawo duxɔlawo, siwo nye sɔɖolawo, eye wodo fia ƒe sɔ ɖiduwo la, si ɖo ɖa


Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.


Ke miawo miŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yudatɔwo le fia ƒe ŋkɔ me, alesi dze mia ŋu, eye mitsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete; elabena agbalẽ, si woŋlɔ le fia ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete la, womate ŋu atrɔe o.


Ester gaƒo nu le fia la ŋku me, ede ta agu ɖe eƒe afɔ nu, eye wòfa avi heƒo koko nɛ be, wòagblẽ Agagitɔ Haman ƒe dzɔgbevɔ̃e kple eƒe ta me, si wòɖo ɖe Yudatɔwo ŋu la me.


Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.


Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.


Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite