Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:30
9 Referans Kwoze  

Duƒula yi ɖakpe duƒula, eye duxɔla yi ɖakpe duxɔla, ne woagblɔ na Babel-fia be, wòxɔ eƒe du la le goawo katã me,


Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.


Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o.


Minyre aŋutrɔwo, mikpla akpoxɔnuwo! Yehowa nyɔ Media-fiawo ƒe gbɔgbɔ, eye wode adaŋu ɖe Babel ŋu, be woagblẽe; elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae, hlɔ̃biabia ɖe eƒe gbedoxɔ nue.


Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.


Babel, meɖo mɔ̃ na wò, ke mèdze sii o, eye wòɖe wò; asi tu wò, eye wòlé; wò, elabena Yehowa ye nèwɔ avu kple.


Eyata mianɔ ŋgɔ na aboyomewo ayi aboyo me, eye amesiwo dra ɖe aba dzi la ƒe nukoko hahaha nu atso!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite