Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye esi Belsazar mu aha la, eɖe se be, woaɖatsɔ sikanu kple klosalonu, siwo fofoa Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem la va, ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esime Belsazar nɔ eƒe wain nom la, eɖe gbe be woatsɔ sikanu kple klosalonu siwo fofoa, Nebukadnezar lɔ tso Yerusalem gbedoxɔ me la vɛ ale be fia la, eƒe ame ŋkutawo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãviwo nano wain le wo me.

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:2
23 Referans Kwoze  

Eye Aƒetɔ la tsɔ Yuda-fia Yoyakim kple Mawu ƒe aƒe me nua ɖewo de asi nɛ; ekplɔ woyi eƒe mawu ƒe nɔƒe le Sinear-nyigba dzi, eye wòtsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Eɖo ɖokuiwò ɖe dzi ɖe dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu, eye wofɔ eƒe aƒe me nuwo vɛ na wò, mia kple wò amegãwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãwo mieno wein le wo me, eye nèkafu mawu, siwo nye klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe, siwo mekpɔa du o, womesea nu o, eye womedzea si nu o; ke Mawu, amesi si me wò agbe kple wò mɔwo katã le la, mede bubu eya ŋu o.


Eye fia ŋu asrafowo ƒe amegã la tsɔ sonuawo kple ʋutreawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo siaa dzoe,


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Tete wokplɔ Daniel vɛ na fia la. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wòe nye Daniel tso Yuda ƒe aboyovi, siwo fofonye fia kplɔ tso Yuda vɛ la domea?


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Wono wein, eye wokafu mawu, siwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe.


Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã tsɔ nusiwo nye sika kple klosalo sɔŋ la dzoe. Kpluwo, sonuwo, trewo, zewo, akaɖitiwo, gatsiwo kple agbawo.


Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.


Eye wòlɔ Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo katã, gãwo kple sueawo, kple Yehowa ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kpakple fia kple amegãwo ƒe kesinɔnuwo; etsɔ wo katã yi Babel.


Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Eye fia Asa ɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewɔ legba na Asera. Asa mũ legba la, eye wògbãe ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me


Eyome wòde Absalom vinyɔnu Maaxa; eya dzi Abiya, Atai, Ziza kple Selomit nɛ.


Dawid gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena mave nuwò le fofowò Yonatan ta: magagbugbɔ fofowò Saul ƒe agblewo katã na wò, eye naɖu nu le nye agba nu ɖaa.


Nusiwo wòna, wonye: klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, kple klosaloze ɖeka, si da sekel kɔkɔe blaadre; woa kple eve la yɔ banaa kple wɔ memee, si wodzaba kple ami, ne woawɔ nuɖuvɔsae;


Eye mawuxɔ me nuawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo, siwo Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem heyi ada ɖe gbedoxɔ me le Babel la, woawo hã fia Kores fɔ tso gbedoxɔ me le Babel hetsɔ na Sesbazar, amesi wotsɔ ɖo anyigba dzikpɔlae,


Yehowa be, yi neva Kaldeatɔwo, Babeltɔwo kple woƒe amegãwo kple woƒe nunyalawo dzi!


Tete woɖatsɔ sikanu, siwo wofɔ le Mawu ƒe aƒe ƒe gbeɖoxɔ me le Yerusalem la vɛ, eye fia la kple eƒe amegãwo, srɔawo kple eƒe ahiãwo no nu le wo me.


Zã ma me ke wowu Kaldeatɔwo ƒe fia Belsazar.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite