Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Daniel ɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Wò nunanawo nenɔ anyi na wò, eye natsɔ wo na ame bubu! Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la, eye maɖe egɔme nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Tete Daniel ɖo eŋu na fia la be, “Àte ŋu atsɔ wò nunana siwo ŋugbe nèdo la na ɖokuiwò eye nàtsɔ wò fetuwo ana ame bubu aɖe faa. Ke maxlẽ nuŋɔŋlɔ la na fia la eye maɖe egɔme nɛ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:17
8 Referans Kwoze  

Ke egblɔ be Meta Yehowa, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe: Ne maxɔ nane fĩ! Eye wòƒoe ɖe enu, be wòaxɔe, ke egbe.


bena, nyemaxɔ naneke atso nusiwo katã nye tɔwo la me o, ka loo, alo atokotaka gɔ̃ hã o, bena nagagblɔ bena, yee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ o!


Eye Petro gblɔ nɛ bena: Mia kple wò klosalo miatsrɔ̃, elabena ebu xa bena, yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga.


Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.


Ke ne mieli drɔ̃e la, eye mieɖe egɔme la, ekema miaxɔ nunana vovovowo kple bubu geɖe tso gbɔnye, eyata mili ɖrɔ̃e la, eye miɖe egɔme.


Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nye dzi de kpli wò tso, esime ŋutsua ɖe tre heɖi go le eƒe tasiaɖam me va kpe wò. Alo klosalo kple awuwo, amitiwo kple weingblewo, alẽwo kple nyiwo, dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo xɔɣienye esia?


Eye Elisa gblɔ na Israel-fia bena: Nya ka le mía kpli wò dome? Yi fofowò ƒe nyagblɔɖilawo kple dawo ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ! Israel-fia ɖo ŋu bena: Kpao, elabena Yehowa yɔ fia etɔ̃ siawo, be wòatsɔ wo ade asi na Moabitɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite