Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Tete wokplɔ Daniel vɛ na fia la. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wòe nye Daniel tso Yuda ƒe aboyovi, siwo fofonye fia kplɔ tso Yuda vɛ la domea?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ale wokplɔ Daniel va fia la ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Daniel, aboyome siwo fofonye, fia la kplɔ vɛ tso Yuda la dometɔ ɖeka?

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:13
20 Referans Kwoze  

Tete wova fia la gbɔ ƒo nu kplii le fia ƒe se la ŋu bena: Ɖe mèŋlɔ ŋkɔ ɖe sea te be, amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubua ɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe ɖo me oa? Fia la ɖo ŋu gblɔ bena: Nya la le eme ɖe Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la nu.


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Eye Aryox kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake hegblɔ nɛ bena; Mekpɔ ŋutsua ɖe le Yuda-viwo ƒe aboyomewo dome, amesi be, yeaɖe drɔ̃ea gɔme na fia.


Tete la nɔviawo gblɔ nɛ bena: Dzo le afisia, eye nayi Yudea, bena wò nusrɔ̃lawo hã nakpɔ wò dɔwɔwɔ, siwo nèwɔna.


Ke aboyomeawo wɔ nenema, eye wotia nunɔla Ezra kple ŋutsu, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo le woƒe aƒekɔwo nu, amesiame kple eƒe ŋkɔ; eye wodi ʋɔnu le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi be, woadzro nya la me.


Eye Israel-viwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple aboyome mamleawo kɔ mawuxɔ sia ŋu kple dzidzɔ.


Ke esi Yuɖa kple Benyamin ƒe ketɔwo se be, aboyoviwo le gbedoxɔ tum na Yehowa, Israel ƒe Mawu la,


Le nusiawo megbe la Yesu tsa le Galilea; elabena melɔ̃ be, yeatsa le Yudea o, le esi Yudatɔwo ɖi be, yewoawui ta.


Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.


Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la nye Daniel mekpɔ ŋutega, abe esi mekpɔ tsa ene.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Eye esi Belsazar mu aha la, eɖe se be, woaɖatsɔ sikanu kple klosalonu, siwo fofoa Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem la va, ne fia la kple eƒe amegãwo, srɔ̃awo kple eƒe ahiãwo nano nu le wo me.


Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.


Eye Daniel tsi anyi vaseɖe fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me.


Tete wona woɖe gbe ƒã na aboyomeawo katã le Yuda kple Yerusalem be, woava kpe ta ɖe Yerusalem.


Le Yuda-fia Yoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la Babel-fia Nehukadnezar ho ɖe Yerusalem ŋu, eye wòɖe to ɖee.


Eye Aƒetɔ la tsɔ Yuda-fia Yoyakim kple Mawu ƒe aƒe me nua ɖewo de asi nɛ; ekplɔ woyi eƒe mawu ƒe nɔƒe le Sinear-nyigba dzi, eye wòtsɔ nuawo de eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.


Yuda-vi, siwo le wo dome la, wonye: Daniel, Xananya, Misael kple Azarya.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite