Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Esi fia dada se fia la kple eƒe ame ŋkutawo ƒe nuƒoƒo la, ege ɖe kplɔ̃ɖoƒe la eye wògblɔ be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Mègana wò dzika natso o. Mègana wò mo nafu kpĩi alea o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:10
10 Referans Kwoze  

Eye woxɔ edzi gblɔ na fia Nebukadnezar bena: Fia nenɔ agbe tegbee!


Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.


Tete Kaldeatɔwo ƒo nu kple fia la ɖe Aram-gbe me bena; Fia la nenɔ agbe tegbee! Li ɖrɔ̃e la na wo dɔlawo, ekema míaɖe egɔme na wò.


Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?


Aleke mianɔ akɔ fam nam ɖe ya me? Miaƒe ŋuɖoɖowo la, alakpa ɖeɖe ko wonye.


Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye.


Tete Bat-Seba bɔbɔ ɖe fia la ŋku me hede ta agu gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia nanɔ agbe tegbee.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite