Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 4:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò.

Gade chapit la Kopi




Daniel 4:31
25 Referans Kwoze  

Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti. Tete gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.


Peres: Woamã wò fiaɖuƒe la atsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Eyata fia, na nye adaŋudede nadze ŋuwò: Tsɔ dzɔdzɔenyenye ƒle wò nuvɔ̃wo me, eye natsɔ dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo ƒle wò vodadawo tae; amea ɖe menya nu o ãgbɔ ɖe eme eteƒe nadidi hĩ.


Esime wòle eƒe ƒoɖo yɔm kple nuɖuɖu la, eɖe ga eƒe dɔmedzoe heliheli la ɖe eŋu, eye wòna wòdza ɖe edzi le nuaɖuƒe.


Elabena tosesẽ enye afakaka ƒe nuvɔ̃, eye tamesesẽ enye legbawo kple aklama kpakpɛwo subɔsubɔ. Esi negbe Yehowa ƒe gbe la, eyata eya hã gbe wò be, magaɖu fia o.


Ke azɔ wò fiaɖuɖu mali ke o. Yehowa ɖi ŋutsu bubu, si dze eŋu, na eɖokui, eye Yehowa tsɔe ɖo fia ɖe eƒe dukɔ nu; elabena melé se, si Yehowa de na wò la me ɖe asi o.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Elabena ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agble eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe?


Le dzinu wuieve megbe, esime fia la le tsa ɖim le fiasã ta me le Babel la,


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla.


Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.


Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite