Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 4:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Le dzinu wuieve megbe, esime fia la le tsa ɖim le fiasã ta me le Babel la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum.

Gade chapit la Kopi




Daniel 4:26
13 Referans Kwoze  

Esia nye drɔ̃e, si nye fia Nebukadnezar meku; Beltsazar, ɖe egɔme nam, elabena nunyala, siwo katã le nye fiaɖuƒe me la, mete ŋu ɖe egɔme nam o; ke wò la ale ŋu aɖe egɔme, elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Matsi tre, eye mayi fofonye gbɔ, eye magblɔ nɛ bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò.


Eye esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Aleke wɔ gboti la yrɔ su enumake mahã?


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Migata nu kura o, eɖanye dziƒo o, elabena Mawu ƒe zikpui wònye;


Eye esi wode se be, ati la ƒe takpoea nesusɔ la, eya nye be, wò fiaɖuƒe la atsi anyi na wò, ne nadze sii be, dziƒo si me ŋusẽ le.


Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na,


ne woabia amenuveve le dziƒo ƒe Mawu la si le nya ɣaɣla sia la, ne womagawu Daniel kple eƒe hatiwo akpe ɖe Babel-nunyala mamleawo ŋu o.


Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite