Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 4:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 “Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”

Gade chapit la Kopi




Daniel 4:18
14 Referans Kwoze  

Azɔ wokplɔ nunyalawo kple bokɔnɔwo vɛ nam, be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye woaɖe egɔme nam, ke womete ŋu de nu sia gɔme nam o.


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Enumake fia ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la, ne woahayi egɔme ɖe ge na fia la o.


Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Woɖo ŋu zi evelia gblɔ bena: Fia la neli ɖrɔ̃e la na eƒe ɖɔlawo, ekema míaɖe egɔme.


Maɖe gbɔgbɔ le Egipte me keŋkeŋ, eye magblẽ eƒe tameɖoɖo me, eye woabia nu legbawo, dzotɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.


Yosef ɖo ŋu nɛ bena: Drɔ̃e la gɔme enye si: Alɔ etɔ̃awo nye ŋkeke etɔ̃.


Eye nya sia nya, si fia la bia wo le nunya kple gɔmesese gome la, ekpɔ be, woƒo eƒe fiaɖuƒe blibo la ƒe dzotɔwo kple bokɔnɔwo katã ta zi gbɔ zi ewo.


wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite