Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woaɖe amegbetɔ ƒe dzi le eme ahatsɔ la ƒe dzi nɛ, vaseɖe esime azã adre nu nava yi nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Daniel 4:13
18 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo?


Le Babel-fia Belsazar ƒe ƒe gbãtɔ me la Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutega le eƒe aba dzi; eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi hexlẽ nu vevitɔwo fia.


Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna,


Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu!


Eye esi wode se be, ati la ƒe takpoea nesusɔ la, eya nye be, wò fiaɖuƒe la atsi anyi na wò, ne nadze sii be, dziƒo si me ŋusẽ le.


Mlɔeba la Daniel, amesi lsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye meli drɔ̃e le nɛ be:


Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome?


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Ago gbɔ, nya kae le mía kpli wò dome, wò Yesu, Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ gea? Menya wò amesi nènye: Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Nya ka le mía kple wò dome, wò Yesu Nazaretetɔ? Ɖe nèva mía tsrɔ̃ ge mahã? Menya amesi nènye, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la nènye.


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Ale wògblɔ esi: Lã enelia le fiaɖuƒe enelia nye ge le anyigba dzi, eye wòato vovo tso fiaɖuƒewo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la, eye wòafanyae ahagbãe gudugudu.


Lã gã eneawo nye fia ene, siwo le anyigba dzi va ge.


Eye meɖo ŋku anyi le ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi la me, kpɔ ɖa, dzɔla kɔkɔea ɖe ɖi tso dziƒo


Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe!


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Egblẽa tagbɔ na anyigba dzi dukɔwo ƒe tatɔwo, eye wònana wotsaa tsa glãla le gbegbe, si mɔa ɖeke mele o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite