Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Emegbe fia la na ame nyo na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego le Babel-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Tete fia la do Sadrak, Mesak kple Abednego ɖe ŋgɔ le Babilonia nutoa me.

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:30
9 Referans Kwoze  

Eye Daniel ɖe kuku na fia la wòtsɔ Babel-nyigba ƒe dziɖuɖudɔwo de asi na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego. Ke Daniel ŋutɔ ya nɔ fiaƒe me.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Ne amea ɖe ɖi be, yeasubɔm la, nèdze yonyeme; eye afisi nye la mele la, afima nye subɔla hã lano; ne amea ɖe subɔam la, eya Fofo la labu.


Yuda-ŋutsu, siwo netsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu ɖɔ nu: Saɖrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.


Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã tsɔ ŋkɔ na wo; Daniel tɔe nye Beltsazar, Xananya tɔe nye Sadrax, Misael tɔe nye Mesax, eye Azarya tɔe nye Aded-Nego.


Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite