Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete fia Nehukadnezar ƒe nu ku, eye wòtso zi ɖeka kplà gblɔ na eƒe adaŋudelawo bena: Ɖe menye ŋutsu etɔ̃e míebla tsɔ ƒu gbe de dzoa me oa? Woɖo ŋu gblɔ na fia la bena: Ẽ, fia!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?” Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:24
18 Referans Kwoze  

Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee!


Tete tatɔwo kple amegãwo va fia la gbɔ bibibi, eye wogblɔ nɛ bena: Fia Dario nenɔ agbe tegbee!


Fia Agripa, èxɔa, nyagblɔɖilawo dzi sena? Menyae bena, èxɔnɛ sena.


Ɣeɖota, esime mele mɔ dzi la, fia, mekpɔ kekeli, si wu ɣe ƒe keklẽ la, tso dziƒo heklẽ ƒo xlã mia kple amesiwo le mɔ zɔm kpakplim la.


Eye esi wòƒo agboa la, nyɔnudɔlaa ɖe, si ŋkɔ nye Roda la, va do gbee.


Eye esi wòle dzodzom nyanyanya, eye dzidzi ƒoe la, egblɔ bena; Aƒetɔ, nuka dim nèle, be mawɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Tsi tre, eye nayi ɖe dua me, eye woagblɔ nusi ele be, nawɔ la na wò.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Woanyã wò da la emegbetɔwo dome, eye ànɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, eye woana dziƒo zãmu naƒo wò, vaseɖe esime azã adre nu nayi na wò, ne nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.


Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Eye wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me abe Axab ƒe aƒe la ene, elabena woawòe nye eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe hena eƒe gbegblẽ.


Ŋutsu etɔ̃awo Sadrax, Mesax kple Abed-Nego wole babla wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.


Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite