Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

48 Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

48 Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:48
22 Referans Kwoze  

Ke ne mieli drɔ̃e la, eye mieɖe egɔme la, ekema miaxɔ nunana vovovowo kple bubu geɖe tso gbɔnye, eyata mili ɖrɔ̃e la, eye miɖe egɔme.


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Eƒe aŋgbawe nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wonye nuɖuɖu ne nuwo katã; gbemelãwo nɔ eƒe vɔvɔli te, dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, eye wonye ŋutilãwo katã.


Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Emegbe fia la na ame nyo na Sadrax, Mesax kple Abed-Nego le Babel-nyigba dzi.


Yuda-ŋutsu, siwo netsɔ ɖo Babel-nyigba ƒe dziɖuɖu ɖɔ nu: Saɖrax, Mesax kple Abed-Nego la, fia ƒe se la metsɔ fu lã me na wo o, womesubɔ wò mawuwo o, eye womedo gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.


Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi.


Eyata mayi ame ŋkutawo gbɔ, eye maƒo nu kpli wo; elabena woawoe nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu ƒe se la me. Ke wo katã wòŋe kɔkuti la, eye wotso kaawo!


Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.


Naeman enye Aram-fia ƒe aʋafia, exɔ ŋkɔ le eƒe aƒetɔ gbɔ, eye bubu le eŋu, elabena eya dzi Yehowa to na dziɖuɖu Aram; enye kalẽtɔ, gake edze anyi.


Gileadtɔ Barsilai hã tso Roglim va, eye eya kple fia wotso Yordan, be yeakplɔe aɖo ɖe Yordan godo.


Ke ŋutsua ɖe nɔ Maon, amesi ƒe dɔwɔƒe le Karmel; alɔme le ŋutsu la si ŋutɔ, alẽ akpe etɔ̃ kple gbɔ̃ akpe ɖeka le esi, eye wòva fu ko ge na eƒe alẽwo le Karmel.


Eye Israel-ŋutsuwo gblɔ bena: Miele ŋutsu sia, si do va la, kpɔma? Alɔme de ge wòva le Israel ŋu. Ne amea de wui la, fia ana kesinɔnu geɖe, atsɔ vianyɔnu nɛ wòaɖe, eye wòana fofoa ƒe aƒe magadze nu le Israel o.


Eyata netsɔ nayi mia de! Ɖe mebe, made bubu ŋuwò pete hafi, gake Yehowa te bubu la wò.


Eya ɖea hiãtɔwo tso ké me, eye wòhea ame dahewo tso bafifi me, ne wòana woawo kple amegãwo nanɔ kasɔsɔ me, eye wòaɖe bubumewo ƒe zi asi na wo; elabena anyigbatu me sɔtiwo nye Yehowa tɔ, eye woawo dzi wòtu xexeame godoo ɖo.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Nu le nye Daniel ŋu, eye melé dɔ ŋkekea ɖewo; emegbe mefɔ hewɔ fia ƒe dɔwo; eye esi ŋutega la ɖe ga nu nam la, amea ɖeke medze sii o.


Wò Beltsazar, dzotɔwo ƒe tatɔ, wò amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le menye, eye nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me de wo o, gblɔ nye ŋutega, si mekpɔ le drɔ̃e me la, eye naɖe egɔme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite