Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Wò fia, èle tame bum le nusi gbɔna dzɔdzɔ ge le ɣeyiɣi siawo megbe la ŋu le wò aba dzi, eye amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go la, ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 “Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:29
8 Referans Kwoze  

Ke Mawua ɖe le dzi me, amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go, eye eyae ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔ ge gbaɖegbe la fia fia Nehukadnezar. Wò drɔ̃ekuku kple ŋutega, si va ta me na wò le wò aba dzi la, enye si;


Elabena eya amesi mè towo, eye wòwɔ ya, etoa amegbetɔ ƒe tamesusuwo nɛ, enana agudzedze zua viviti, eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo la ŋkɔ enye Yehowa, Mawu Zebaot!


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi


Tete Yosef gblɔ na Farao bena: Farao ƒe drɔ̃eawo gɔme le ɖeka. Nusi wɔ ge Mawu gbɔna la, eyae wòɖe fia Farao.


Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí!


Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite