Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar le, bena; Ate ŋu alĩ drɔ̃e, si meku la, eye naɖe egɔme nam vavãa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:26
9 Referans Kwoze  

Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã tsɔ ŋkɔ na wo; Daniel tɔe nye Beltsazar, Xananya tɔe nye Sadrax, Misael tɔe nye Mesax, eye Azarya tɔe nye Aded-Nego.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


elabena gbɔgbɔ triakɔ, sidzedze kple nunya le esi, eye wòdea drɔ̃ewo, adzowo kple nya manyatanuwo gɔme; eyama nye Daniel, amesi fia la tsa ŋkɔ na be Beltsazar. Eyata woayɔ Daniel va, ekema aɖe egɔme.


Ati la lolo, eye wòsesẽ, ekɔ ɖatɔ dziŋgɔli ke, eye wòvu vaseɖe anyigba blibo la ƒe mlɔenu.


Saul gblɔ na Dawid bena: Màte ŋu ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ sia o, elabena ɖevi nènye, ke eya la aʋawɔla wònye tso ɖevime ke!


Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme.


Le Babel-fia Belsazar ƒe ƒe gbãtɔ me la Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutega le eƒe aba dzi; eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi hexlẽ nu vevitɔwo fia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite