Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 ne woabia amenuveve le dziƒo ƒe Mawu la si le nya ɣaɣla sia la, ne womagawu Daniel kple eƒe hatiwo akpe ɖe Babel-nunyala mamleawo ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:18
22 Referans Kwoze  

Yɔm, ekema matɔ na wò, eye maɖe nu gã kako, siwo mènya o la, afia wò.


Megale egblɔm na mi hã bena: Ne mia dome ame eve woawɔ ɖeka le anyigba dzi le nusianu me, eye woaɖe kuku la, ava ve me na wo tso Fofonye, si le dziƒowo la gbɔ.


Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã?


Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.


Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!


Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la, se Rabsake ƒe nya, siwo eƒe aƒetɔ Asur-fia de esi ɖo ɖa, be wòatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui, eye Yehowa, wò Mawu la, ahe to nɛ le nya, si wose la ta; eyata do gbe ɖa ɖe ame mamlea, siwo li la ta.


Dawid gagblɔ bena: Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me. Tete Saul gblɔ na Dawid bena: Heyi, Yehowa nanɔ kpli wò!


Ɖewohi ame atɔ ato le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ me; le ame atɔ ta la, ɖe atsrɔ̃ ɖu blibo la katã mahã? Eɖo ŋu be: O, ne makpɔ ame blane vɔ atɔ̃ le eme la, nyematsɔe o.


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mia Aƒetɔ Yesu Kristo kple Gbɔgbɔ ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye,


Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.


Kpɔ ɖa, mía Mawu, si subɔm míele la, me ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mi tso wò fia si me.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Fofonyewo ƒe Mawu, meɖa akpe na wo, eye mekafu wo, be nẽna nunya kple ŋusẽm, eye néɖe nusi míebia wò la fiam; elabena fia ƒe nyae nèɖe fia mí!


Le dzinu wuieve megbe, esime fia la le tsa ɖim le fiasã ta me le Babel la,


Eɖo ŋu na wo bena: Hebritɔ menye, eye mevɔ̃a Yehowa, dziƒo Mawu la, amesi wɔ atsiaƒu kple anyigba ƒuƒui.


Mida akpe na dziƒo Mawu la, elabena eƒe amenuveve li tegbee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite