Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo.

Gade chapit la Kopi




Daniel 12:9
8 Referans Kwoze  

Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.


Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o.


Ale ŋutegawo katã anɔ na mi, abe agbalẽ, si nu wotre la me nya ene, esi ne wotsɔe na agbalẽnyala gblɔ be: Xlẽe la, aɖo ŋu be: Nyemate ŋui o, elabena wotre enu


Bia ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me.


Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite