Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 12:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?”

Gade chapit la Kopi




Daniel 12:8
9 Referans Kwoze  

Egblɔ na wo bena: Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.


wodzro azãgbe kple azãgbe, si ƒomevi Kristo ƒe Gbɔgbɔ, si le wo me la, laɖe afia la me kpɔ, esime wòɖi ɖase tsã le fukpekpe, siwo le Kristo dzi va ge, kple ŋutikɔkɔe, si le wo yome dze ge la ŋuti.


Eƒe nusrɔ̃lawo mese nusiawo gɔme gbã o; ke esi wokɔ Yesu ŋuti la, tete woɖo ŋku edzi bena, woŋlɔ nu siawo ɖi le eŋuti, eye bena wowɔ nusiawo nɛ.


Eye womese nusiawo dometɔa ɖeke gɔme o, eye nya sia le ɣaɣla ɖe wo, eye womedze si nusiwo wògblɔ la o.


Eye wo ɖometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena; Ɣeka ɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo?


Eye meva, be magblɔ nusi gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe wò dukɔ dzi emegbe la afia wò, elabena gbaɖegbe ŋu ŋutega la le ɖo.


Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo?


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite