Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wo ɖometɔ ɖeka gblɔ na ŋutsu, si le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisi la ƒe dzigbe gome bena; Ɣeka ɣie nu manyatanuwo ƒe nuwuwu la ase ɖo?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?”

Gade chapit la Kopi




Daniel 12:6
16 Referans Kwoze  

Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo?


Tete ŋutsu ade to dzigbegbo, si ɖo ta anyiehe la ƒe mɔ va, wo dome amesiame lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye ŋutsua ɖe le dome na wo, amesi ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Eye wova he tsi tre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.


Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia!


Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.


eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotso sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo va egbɔ wo tɔxe gblɔ bena: Gblɔe na mi, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?


Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã?


Eye nye Daniel mekpɔ ame bubu eve wole tsitre ɖi, ɖeka le tɔsisi la ƒe go si me, eye evelia le tɔsisi la ƒe go keme.


Mesee, ke nyemese egɔme o, eye megblɔ bena; Nye aƒetɔ, nusiawo ƒe nuwuwu ɖe?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite