Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:8
17 Referans Kwoze  

eye wotsɔ woƒe mawuwo ɖe dzo me, elabena menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye, eyata wotsrɔ̃ wo ɖo.


Elabena ne enye ati tseku le naviawo dome hã la, ɣedzeƒeya aƒo, Yehowa ƒe ahom atu tso gbegbe, ale be eƒe vudowo amie, eye eƒe tsidzɔƒewo aƒu, eye woaha eƒe kesinɔnu veviwo katã.


Elabena Israel wòdzɔ tso, gbede ye wɔe, eye menye Mawu wònye o; eyata Samaria ƒe nyivi la afli kakɛkakɛ.


Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe.


Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Mahe to na Amon le No, na Farao, na Egipte kple eƒe mawuwo kple eƒe fiawo kpakple amesiwo le dzi ɖom ɖe Farao ŋu la.


ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu.


Eɖo ŋu na wo bena: Mietsɔ nye mawu, si mewɔ la, eye miekplɔ nunɔla hã dzoe. Nuka gakpɔtɔ nam, hafi miele biayem be, nya ka dzɔ?


Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye mimu woƒe aƒeliwo, mitɔ dzo woƒe Asera-tiwo, eye migbã woƒe legbawo, eye mitsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le teƒe ma.


le esime Egiptetɔwo le woƒe ŋgɔgbevi, siwo katã Yehowa vu le wo dome la ɖim, eye Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ fia woƒe mawuwo hã.


Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!


Ke esi nèdzo, elabena aƒe le dzrowòm vevie la, nukaŋuti nefi nye mawuwo?


Aƒo ɖe dziehefia ƒe fiaɖuƒe dzi, ke agagbugbɔ ayi eƒe anyigba dzi.


Ke wogblẽ woƒe legbawo ɖe afima, eye Dawid kple eƒe amewo fɔ wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite