Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 “Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:31
18 Referans Kwoze  

Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke.


Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka.


Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.


Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.


Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.


Eye wògblɔ na wo bena: Migblẽ kɔ ɖo na aƒe la, eye mitso ame kukuwo yɔ xɔxɔnu la taŋ! Miho yi! Tete woyi ɖawu amewo le dua me.


Yehowa gbe eƒe vɔsamlekpui, eɖi gbɔ eƒe kɔkɔeƒe la, eye wòtsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo ɖe asi na futɔ la; woƒe ɣli le ɖiɖim le Yehowa ƒe me abe le ŋkekenyuieɖugbe ene.


Futɔ la do asi ɖe eƒe nu veviwo katã ŋu; elabena ekpɔ ɖukɔ, siwo nèɖe se na be, womegava wò amehawo ɖome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la.


Yehowa be: Elabena Yuda-viwo wɔ nu gbegblẽ le ŋkunye me, eye woli ŋunyɔnu ɖe aƒe, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la me, ne woagblẽ ko ɖo nɛ,


elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ;


Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia kple amegã, akpedavɔsa kple legba, kɔmewu kple aklama kpakpɛa ɖeke mana wo si o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite