Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ne woɖu dzo kplii hã la, awɔ nu ɖe alakpa me, eye wòaho atsɔ ame ʋeea ɖewo aɖu dzii,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:23
11 Referans Kwoze  

Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


Ame ma ƒe vava lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa;


Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.


le esime Edomtɔ Doeg va to na Saul bena, Dawid le Abimelex ƒe me.


Eye Yakob viŋutsuwo do ŋu na Sixem kple fofoa Xamor le aye me, elabena egblẽ wo nɔvinyɔnu Dina.


Akplɔ̃ aʋakɔ, siwo gbagba ɖi bibibi la, adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo hekpe ɖe nubabla la ƒe amegã hã ŋu.


Aƒo ɖe anyigba la ƒe teƒe wɔnuwo le vo me, eye wòawɔ nusi fofoawo; kple tɔgbulawo mewɔ o, ama aboyonu, nuhaha kple kesinɔnu na wo, eye wòaɖo la me ɖe mɔ̃ sesẽwo ŋu ɣeyiɣia ɖewo.


Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite