Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ame ɖigbɔa ɖe axɔ ɖe efeƒe, amesi ŋu womeɖo fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖo o, ke aƒo ɖe anyi le vo me, eye wòatsa numevivinyawo axɔ fiaɖuɖu lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:21
17 Referans Kwoze  

Le woƒe alɔ ƒe toyiyi me la woaxɔ na wo vie, eye ame geɖewo atsɔ numevivi aku ɖe wo ŋu.


Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.


Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.


Ke ŋuwò la, ale Yehowa ɖo ɖi enye si: Womagatsɔ wò ŋkɔ aƒã azɔ o; matsrɔ aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖa le wò mawuwo ƒe me; maɖe yɔɖo na wò, elabena èle wodzoe akpa.


Atsɔ numevivi able amesiwo to vo ɖe nubablaa ŋu la nui; ke amesiwo dze si woƒe Mawu la, alé dzi ɖe ƒo awɔ nu ade goe.


Emegbe amea ɖe axɔ ɖe ete ƒe, eye wòana nudzɔdzɔxɔlawo natsa le fiaɖuƒe nyo la me; ke woawui le ŋkekea ɖewo megbe, menye le ɖɔmedzoe kple aʋa me o.


Ke alɔ adze atso eƒe ke me ɖe eteƒe; aho aʋa ahage ɖe anyiehefia ƒe mɔ̃ sesẽwo me, awɔ nu kple wo, eye wòaɖu dzi.


Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado.


Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Womagayo bometsilawo be bubumewo azɔ o, eye womagayɔ ayetɔwo be ŋkutatɔwo o.


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Oo, Yehowa, dzra mí ɖo, eye nakpɔ mía ta le dzidzime sia ŋuti tegbee!


Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite