Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye azɔ mato nyateƒe la na wò. Kpɔ ɖa, fia etɔ̃ le dzɔdzɔ ge le Persia, eye enelia akpa ho ŋutɔ wu bubuawo katã; ne ŋusẽ ɖo eŋu la, atsɔ kesinɔnu ado adã bubuawo katã ɖe Hela-fiaɖuƒe la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:2
17 Referans Kwoze  

Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.


Fiẽ kple ŋdi ƒe ŋutega, si ŋu woƒo nu le na wò la, nyateƒee; dzra ŋutega la ɖo ɖe ta me, elabena eteƒe le didi ge.


Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Atso, aʋakɔ ga ado adã eƒe ŋusẽ kple dzi eteƒe nadidi ʋee, eye dziehefia atsɔ aʋakɔ gã, si teƒe mekɔ o la, aho aʋa de eŋu, ke manɔ te o, elabena woɖo nugbe ɖe eŋu.


Mekpɔ agbo la wòle dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe gome, eye lãa ɖeke menɔ te ɖe enu o, amea ɖeke mete ŋu xɔ ame le esi me o, ewɔ alesi dze eŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o.


Lã evelia ɖi sisiblisi, eye wotsɔe ɖo go ɖeka me; agbaƒuti etɔ̃ le nu me nɛ le eƒe aɖuwo dome, eye wogblɔ nɛ bena. Tso naɖu lã geɖe!


ne mafia wò be, nyateƒenyawo le eteƒe, eye nahe nya vavãwo ayi na amesiwo ɖɔ wò la oa?


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe etɔ̃lia me la woɖe nyaa ɖe fia Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar; nya la nye nyateƒe kple nuxaxa gã; elé nya la ɖe ta me, eye wole ŋku ɖe ŋutega la ŋu.


Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo ga, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ.


Le Artaxsasta ŋɔli la Bislam, Mitredal, Tabeel kple wo nɔvi mamleawo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Persia-fia Artaxsasta. Woŋlɔ agbalẽ la ɖe Aramgbe me eye woɖe egɔme ɖe Persia-gbe me.


Yemaɣi wodzudzɔ Mawu ƒe xɔdɔ la le Yerusalem, eye wòtsi anyi vaseɖe Persia-fia Dario ƒe fieɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


Eva me le Axasweros ŋɔli — eya nye Axasweros, si ɖu anyigba alafa ɖeka kple blave vo adre dzi, tso India vaseɖe Kus —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite