Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Anyiehefia ava aƒu kpo, eye wòaxɔ du sesẽ la; dzieheʋakɔ manɔ te o, eye eƒe ame tiatiawo mate ŋu ana te o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:15
11 Referans Kwoze  

Eye ne woƒu kpo ɖe eŋu, eye wotu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo, be woatsrɔ̃ ame geɖewo la, Farao matsɔ aʋakɔ gã kple ameha geɖe akpe ɖe eŋu le aʋa me o.


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ.


ɖo toɖelawo eŋu, eye natu dzɔlawo ƒe xɔ tsrala ɖe, eŋu, ƒu kpo ɖe eŋu, ɖe aʋakɔwo ɖo eŋu, eye natsɔ gligbãnuwo ƒo xlãe godoo.


Le ƒea ɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye dziehefia ƒe vinyɔnu ayi anyiebefia gbɔ, ne wòaɖe ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ aɖe asi le ɣemaɣi.


Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi; woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.


Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe du siawo me xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo, siwo wogbã ƒu anyi le kpoƒuƒuawo kple yi ta la ŋuti enye si:


Miɖe woƒe gliwo dzi, ne miagblẽ nu; ke menye gbidigbidi o! Miho woƒe weinkawo, elabena menye Yehowa tɔ wonye o.


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Le ɣemaɣi la ame geɖewo atso de dziehefia ŋu, eye mia devi sẽŋutawo atso, be woano ŋutega la nava me, ke woadze anyi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite