Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Dziehefia anyrã, eye wòaho ãɖawɔ aʋa kple anyiehefia, atsɔ aʋakɔ gãa ɖe adze aʋa ɖe eŋu, eye woatsɔ aʋakɔawo aɖe asi nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:11
13 Referans Kwoze  

Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, dzi kui ɖe eŋu, eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, eye ŋusẽ mele agbo la ŋu, ne wòanɔ te ɖe enu o; etutui ƒu anyi henyã avuzi le edzi, eye amea ɖeke mexɔ agbo la le esi me o.


Ŋusẽ aɖo dziehefia ŋu, eye eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wu eyama, aɖu fia, eye eƒe fiaɖuƒe alolo.


Ase nya tso ɣedzeƒe kple anyiehe wòado ŋɔdzi nɛ, eye wòaho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ wo.


wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la.


Azɔ metsɔ anyigba siawo katã de asi na nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar, eye gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ, ne woasubɔe.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Tete Mawu ƒe ame va gblɔ na Israel-fia bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Aramtɔwo be Yehowa enye to dome mawu, eye menye gbadzaƒe-mawu o la, eyata matsɔ ameha gã geɖe sia ade asi na wò, ne miadze su be, nyee nye Yehowa.


Eye kpo ɖa, nyagblɔɖila ɖe va Israel-fia Axab gbɔ gblɔ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ele ameha gã geɖe sia kpɔma? Kpɔ ɖa, matsɔe ade asi na wò egbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.


Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui de dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke maɖu dzi o.


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite