Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi mefɔ kɔ dzi ɖo ŋku anyi la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le awu ɣi me, eye sika nyuliɔ ƒe alidziblanu le ali nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:5
9 Referans Kwoze  

Tete ŋutsu ade to dzigbegbo, si ɖo ta anyiehe la ƒe mɔ va, wo dome amesiame lé ametsrɔ̃nu ɖe asi, eye ŋutsua ɖe le dome na wo, amesi ta aklala, eye agbalẽŋlɔnu le aklito nɛ. Eye wova he tsi tre ɖe akɔblivɔsamlekpui la xa.


Wotsɔ klosalo, si woƒo gbabɛ la, tso Tarsis vɛ, kple sika tso Ofir; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wònye kple sikanutula ƒe asinudɔwɔwɔ, woƒe avɔtata nye aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ; aɖaŋua ƒe dɔwɔwɔ wo katã wonye!


Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?


Azɔ la mitsi tre, eye mitsɔ nyateƒe bla miaƒe aliwo dzi, eye mido dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu,


Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe.


Dzɔdzɔenyenye anye alidziblanu le eƒe ali, eye nyateƒe anye alidziblanu le eƒe aklito.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite