Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ɣemaɣi nye Daniel mexa nu kwasiɖa eta sɔŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:2
13 Referans Kwoze  

Esi mese nya siawo la, mebɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye mexa nu, ŋkeke geɖe, metsi nu da, eye medo gbe ɖa le dziƒo Mawu la ŋku me


Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.


Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto.


bena, mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi.


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.


Oo, ɖe wònye dzeƒee le asinye le gbegbe la, anye ne magblẽ nye dukɔ ɖi, eye míaʋu tso wo gbɔ! Elabena ahasiwɔla kple ame tovowo ƒe ha wo katã wonye.


Mikpɔ dzidzɔ kple Yerusalem, eye mitso aseye ɖe eŋu, mi amesiwo katã lɔ̃a eƒe nya! Mitso aseye kplii le dzidzɔ me, mi amesiwo katã xaa nu le eŋu!


Elabena wòe nye nye Mawu, amesi nye nye sitsoƒe; nukaŋuti nètu asim ɖa, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le futɔ la ƒe teteɖanyi te?


Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la.


Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite